John 12:12-19

Yesu yi Yerusalem abe dziɖula ene

(Mateo 21:1-11; Marko 11:1-11; Luka 19:28-40)

12Le ŋufɔke la, eɖi le Yerusalem dua katã me be Yesu le mɔ dzi gbɔna. Ame geɖewo siwo va Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuƒe la hã see ale woyi be yewoaɖakpee. 13Woŋe deʋayawo kple atilɔwo ɖe asi eye wonɔ ɣli dom nɔ aseye tsom be, “Hosana! Woayra Israel ƒe fia la! Woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me!”

14Yesu nɔ tedzivi aɖe dzi eye esia fia be nyagblɔɖi si woŋlɔ ɖi be, 15“Mègavɔ̃ o, Zion nyɔnu. Wò fia do tedzivi gbɔna le ɖokuibɔbɔ me!” la va eme tututu.

16Yesu ƒe nusrɔ̃lawo menya bena Yesu wu nyagblɔɖi sia nu le ɣemaɣi o, gake esi wòtrɔ dzo yi dziƒo le ŋutikɔkɔe me la, eƒe nusrɔ̃lawo kpɔ dze sii bena, nyagblɔɖi geɖe siwo woŋlɔ ɖe mawunya me la va eme wokpɔ.

17Ame siwo nɔ eteƒe hafi Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la gblɔ ale si nua katã va emee la na ame bubuwo. 18Le nukunu si wòwɔ wose ta la, amewo ƒo zi be yewoaɖakpɔe.

19Ale Farisitɔwo gblɔ na wo nɔewo be, “Mikpɔ ɖa, míedɔ̃, xexeame katãe nye ma kplɔe ɖo hoo!”

Copyright information for EweBEE